Acts 28

Woxɔ wo nyuie le Mɔlta

1Emegbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ke ɖo. 2Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.

3Esi Paulo fɔ nake wuwului aɖewo be yeade dzoe me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzo xɔxɔa ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu. 4Nu sia wɔ nuku eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye. Togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”

5Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzobiabia me eye naneke mewɔe o. 6Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la Mawu aɖe koko wòanye.

Paulo ƒe nukunuwɔwɔwo

7Ƒukpo sia ƒe mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒeme, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. 8Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpeta nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ hedo gbe ɖa heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ. 9Enumake dɔléla siwo katã nɔ teƒea la, va Paulo gbɔ eye wòda gbe le wo katã ŋu. 10Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔa me.

Paulo ɖo Roma

11Míenɔ Mɔlte ƒukpo dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be “Venɔviwo” si tso Aleksandria eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la. 12Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 13Tso Sirakusa la, mieƒo xlã heyi Regio, eye tso afi ma la ya aɖe ƒo mí tso dziehe gome ale be le ŋkeke evea gbe la míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le. 14Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.

15Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo eye wòdidi tso Roma gbɔ abe kilometa blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe kilometa bladre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo eye wòda akpe na Mawu.

16Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣesiaɣi.

Paulo gblɔ mawunya le Roma abe gamenɔla ene

17Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ le afii. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum. 18Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖu ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o. 19Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum. 20Nu si ta meyɔ mi va afii egbeae nye be míadze si mía nɔewo eye be mana mianya nu si tututu ta wolém de game ɖo. Esiae nye be mexɔ se tso nye dzi me ke be, Mesia si mía tɔgbiwo nɔ mɔ kpɔm na la va mía dome.”

21Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o. 22Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie elabena nu sia míenya koe nye be, ame aɖeke media kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”

23Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒeme. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke. 24Paulo ƒe nyawo sɔ tome na ame aɖewo eye wotrɔ zu kristotɔwo; ke mewɔ naneke kura le ame aɖewo hã ŋu o. 25Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi tome na wo eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,

26“‘Migblɔ na Yudatɔwo be, miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o.’ 27Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo ku, eye miaƒe susuwo me meʋu be miase nu gɔme o. Le nyateƒe me la, menye miaƒe didi wònye be miakpɔ nu, ase nu gɔme eye miatrɔ ɖe ŋunye be mada gbe le mia ŋu o.
28“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo Trɔ̃subɔlawo gbɔ eye woaɖo toe. 29Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.”

Taƒonya

30Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒeme. 31Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.

Copyright information for EweBEE